Mark 8:27-29

Petro ʋu Yesu me

(Mateo 16:13-20; Luka 9:18-21)

27Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisaria Filipi kɔƒewo me. Esi wonɔ zɔzɔm yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame kae amewo buna be menye? Ale ke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?”

28Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.”

29Ke ebia woawo ŋutɔ bena, “Ame kae miawo ya miebu nɛ be, menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mesia la!”
Copyright information for EweBEE